association des pÉpiniÉristes et planteurs … · atidomɔnu siwo nyo hena teƒe siawo tɔgbui le...

12
Equator Initiative fe nugɔmekuku wɔnawo Nutoame fe ŋgɔyiɖaŋuwo na amewo, dzɔdzɔmenuwo kple kɔfewo. Togo ASSOCIATION DES PÉPINIÉRISTES ET PLANTEURS DE TÔNE-OUEST Empowered lives. Resilient nations.

Upload: doandieu

Post on 23-Apr-2018

226 views

Category:

Documents


5 download

TRANSCRIPT

Equator Initiative fe nugɔmekuku wɔnawoNutoame fe ŋgɔyiɖaŋuwo na amewo, dzɔdzɔmenuwo kple kɔfewo.

Togo

ASSOCIATION DES PÉPINIÉRISTES ET PLANTEURS DE TÔNE-OUEST

Empowered lives. Resilient nations.

UNDP EQUATOR INITIATIVE NUGƆMEKUKU WƆNAWO Nutoame duwo kple kɔfewo le xexeame godoo le ŋgɔyi ɖaŋu siwo kpenaɖe amewo kple dzɔdzɔmenuwo sia ŋu ɖem. Nuŋɔŋlɔ alo nugɔmekuku sɔe aɖewo koe fia alesi ɖoɖo sia fomeviwo dze egɔmee, wofe viɖewo alo tɔtrɔ sime wo to vaɖo fifia. Amesiwo dina kpekpeɖeŋu tso kɔfeme dɔwɔla aɖewo gbɔ le wofe aɖasieɖiɖi le wɔnasiawo ŋu la ga sue wu gɔ hã. Enye Equator Initiative fe ɖoɖo be yeadzra wɔnasiawo ɖo.

To Global Environment Facility (GEF) fe kpekpeɖenu to ganyawo me eye UNDP fe Equator Initiative fe ɖekawɔwɔ kple ENDA Tiers Monde (ENDA), Open Society Initiative for Southern Africa (OSISA), United Nations Convention to Combat Desertification (UNCCD) la, wode dzesi kpɔɖeŋu aɖewo tso amewo fe nunya de ŋgɔ, aɖaŋu yeyewo ɖeɖe, asitɔtrɔ le anyigbawo fe ŋgɔyiyi ŋu le dzogbenyigbawo dzi le Sub Sahara Afrika nutoawo me. Nugɔmeku wɔna sia nye wɔnawo dometɔɖeka si fonu tso agblede wɔna nyuitɔ siwo dzi woda asi ɖo la ŋu kple taɖodzinu bena wofe wɔnawo fe dzidzedze na keke ta, nunyatutuɖo to nutoame fe aɖaŋuwo bena woanye kpɔɖeŋu na dzidziɖe edzi.

Tɔasi nɔnɔme tata sia dzi bena nayi afisi Equator Initiative fe nugɔmetutuɖo wɔnawo le.

Nuŋɔŋlɔmetolawo (Editors)Nuŋɔŋlɔmetolawo fe tatɔ (Editor-in-Chief): Joseph CorcoranNuŋɔŋlɔmetolawo fe wɔnawo dzikpɔla (Managing Editor): Alan PierceNuŋɔŋlɔmetola bubuwo (Editors): Eva Gurria

Nuŋlɔlawo Alan Pierce, Eva Gurria, Annie Virnig, Elizabeth Shaw, Anthony von Arx, Joshua Voges, Qiang Li, Kathryn McCann

NutalaKimberly Koserowski

AkpedadaEquator Initiative da akpe manyagblɔ aɖe na Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest. Nɔnɔmetatawo tso Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest, CIA World Factbook and Wikipedia gbɔ. Gbegɔmeɖeɖe kple asitɔtrɔ ɖe ŋu tso Atonon Kwame Theophile kple Cosmos Elorm Godson gbɔ.

Nuxexlẽ bubu aɖewoUnited Nations Development Programme. 2016. Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest, Togo. Equator Initiative Case Study Series. New York, NY.

HABƆBƆA ƑE DƆDEASIWO Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest (Nukuvialawo kple Nukudolawo le Tône-Ouest Habɔbɔ)ƒe taɖodzinu vevie eve wo enye ƒomegble sɔɛwo kple ʋlugblewodede abe mɔnu kpɔkpɔ tɔxɛ hena ɖeɖe tso agblemenuku manyomanyo, anyigba ƒe nuku mawɔmawɔ, fukpekpewo kple hĩãkame sɔgbɔwo toƒɛ geɖeewo ƒe agblede mɔnu madzemadzewo me.Togbɔ be ʋlugblededenye agblede mɔnu si lehehem ɖe megbe to atiwo lãlãme hã la, habɔbɔ sia gadze egɔme le anyigbaƒuƒui sia dzi kple susu be yewoaɖe hĩãkame ɖa eye yewoana amenyinu agaɖo anyigbame, ado agbledede ɖe ŋgɔ to dzɔdzɔme mɔnuwo me kple dzotɔgbewo le edzoŋɔliwo ɖeɖeɖa le nutoawo me.

Nukpɔkpɔwo dziɖe edzi teƒe eve eye ga si nye viɖe tso dɔwɔna yeyewo yi suku nyawo, lãmesẽ nyawo kple ɖeviwo dzikpɔ nyawo me le du abe 100 kple edzi vɔawo me. Habɔbɔa ƒe dɔwɔnawo na be dzotɔgbewo, atiwo lãlã ɖekematsɔlemee nu ɖiɖi eye nunyiame ɖo anyigbawo me. Nenemakehabɔbɔ la gade atidodo ɖoɖowo tome le dukɔ 20 me eye avewo gaɖo woteƒe hena nugbagbewo ƒe dzidzeme. Wɔna siawona be duwo ƒe ɖekawɔwɔ le agblewo dzi gadzi ɖe edzi wu tsã, le nutosiwo me anyigba ʋli nyawo sɔgbɔ le ŋtɔ.

WƆNA VEVI AƉEWOEquator Dzesidɛ Nunana (Equator Prize Winner):Ƒɛ 2014

Woɖui le: Ƒɛ2007

Teƒe: Tône, Dzogbedzinutowome, Togo ƒe Dziyehe-ɣedzeƒe

Gomekpɔlawo: kɔƒe 105, ame 9,000

Nugbagbe vovovowo: dzogbe nyigba

3

EMENYAWOŊgɔdonyawo 4

Dɔwɔna veviewo kple aɖaŋu yeyewo 6

Impacts 8

Viɖe na nutoame 8

Viɖe na amewo kple wofe ganyawo 8

Nyɔnuwo dodoɖe dzi 9

Ha ƒe ɖoɖowo kple woƒe dzidzedze 9

Belele hena ŋgɔyiyi 10

Wɔnawo dzidziɖedzi 10

Kadodo kple dɔwɔha bubuwo 11

ASSOCIATION DES PÉPINIÉRISTES ET PLANTEURS DE TÔNE-OUEST Togo

44

Woɖo nukudolawo kple nukuvialawo le Tône-Ouest Habɔbɔ (Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest), si wogayɔna be «Songou-Man»(‘vɔvɔli nyui la’ le aʋegbe me la) la, le ƒɛ2007. Nutomehabɔbɔ sia ƒoƒu dukɔwo tso Togo ƒe dziyehe-ɣedzeƒe kple susu be woakpɔ dzɔdzɔmenunanawo dzi nyui eye woalebena nugbagbe vovovowo, egbewo kple atiwo sia le nutoame. Habɔbɔ sia ledɔwɔm le nuto si me ati lãlã, edzotɔgbe kpakple amatsiwo (fertiliser) zazãvivivo le fuɖem na atiwo kple lãwo ƒe dedie nɔnɔ eye gayidzia nuwɔna siawo le dzogbenyigba kple edzinuwo katã gblem. Dɔwɔha sia kpɔ ŋgɔ yiyi geɖe to gbeƒãɖeɖewo, kadodo nyuitɔ dede dukɔwo kple amewo dome, hĩãkame ɖeɖeɖa kpakple atiwo dodo me. Wozãa atidomɔnu siwo nyo hena teƒe siawo tɔgbui le dukɔame katãsike na be wo tsɔ woƒɛ dɔwɔwɔmɔnu nyuiewo de teƒe geɖee.

Ŋgɔyiyi kuxewo le Tône nutowome

Tône nutoame nye Togo ƒe dzogbenutoawo dometɔɖeka. Teƒe sia nye teƒe siwo dzoxɔxɔ kple hĩãkame le la dometɔɖeka le dukɔa me.Gbegbɔgblɔ geɖewo abe Mobatɔwo, Tchokossiawo, Gourmatɔwo, Ngam Gamtɔwo, kple fulaniawo. Ame alɔfa memama teƒe 90 (90 pour cent) nye hĩãtɔwo eye vidzidzi sɔgbɔ(3,18 pour cent) yi ŋgɔ lenutosiame wu le Togo dukɔame. Dɔ siwo ameawo wɔna la ye nye agbledede. Le esime ameawo dzi sɔgbɔ eye dɔwɔna bubu aɖeke mele wosi o ta la kuxe ɖo agbledenyigbawo kple avewo ŋu le nutoame nenemakee dzrewɔwɔ geɖe nutome dukɔwo me ɖe dzɔdzɔme nunanawo ta.Amewo ƒe ʋuʋu tso kɔƒewome yi ɖe dugãwo me na be memama le kɔƒekɔƒewo me le Togo. Sɔhɛwo titriwu ɖekakpuiwo ledzodzom le kɔƒeawo me yi ɖe Lomé aloo dukɔbubuwo me ɖe dɔdidita. Ametsitsi siwo kuna ɖe sɔhɛwo, amesiwo ŋu ŋusẽ le hena nuɖuɖu, ga nyawo kple agblede nyawo me koe gale teƒe siawo.

Nuƒoxlamewo, ɣeyɣiiwo kple anyigbawo zazã le Tône nutowome

Tône nutoame nye dzogbenyigba gbadza. Exɔwo nye ebaxɔ nogo siwo mete ɖe wonɔɛwo ŋu o eye mama tɔxɛ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe

nuwɔwɔwo me. Agblesɔɛwo dede kple lãwo nyinyi nye wo ƒe dɔwɔna veviwo. Ame abe alafa memama 90 ɖoa ŋuɖe agblemenukuwo, kple dzɔdzɔme nunana siwo le avewome la ŋu hena woƒe ganyawo. Esi wonye be ɣleti ene ko me tsidza na le eƒeme tala amegeɖewo nɔanyi dɔ aɖeke mawɔmawɔɛ le kuɖi ŋɔliwo me. Avewo hã nye viɖenu gã aɖe na amewo, wola atiwo, wowɔa dɔyɔgbewo kple bubuawo tso aveawo me.

Ŋgɔdonyawo

5

Avewo kple nugbagbe vovovowo nu le tsɔtsrɔm le nutosiame.Nenemakee nye nutobubuwo me le dukɔame kple Africa godo. Gbemelãwo le vɔvɔm eye esiwo li hã ƒe agbe le afɔkume. Lãgãwo abe dzatawo, tôwo, atiglinyiwo kple bubuawo megale Tône nutoame ƒe akpa aɖeke o.Amewo ƒe dzidzi sɔgbɔ, hĩãkame kple gadi mɔnu vovowo nye nusiwo wɔe be lã siawo tsrɔ. Ɛdzɛ le mɔ aɖenu beatiwo tsotso kple dzo tɔtɔ gbewo hena agbledede nye nutɔhe si na be atiwo vɔ le nutoame eye amatsi (fertilizer) vivivo zazã kple lãwo ƒe nuɖuƒewo wɔɛ be avegbewo trɔ zu dzogbewo.

Songou-manƒe gɔmedzedze kple dziyiyi

Le ƒe 2002, ŋutsu 25 siwo le dɔwɔm ɖe atiwo dodo ŋu le nutovovovowome le dukɔameƒoƒu be yewoa wɔdɔ tso anyigba ƒegbegble, kuxewo kple megbedede si esia hevana agbledelawo kple nuƒoxlamewo sia. . Woƒe ta ɖodzinue nye be yewo ado atiwo to atikuwo vaviame abe mɔnu kpɔkpɔ hena belelena avewo kple agble nyigbawo ƒe agbegbɔgbɔ.Le taɖodzinu siawo ta la woxɔ kpeɖeŋu tso hadɔ si woyɔna beInstitut de Conseil et d’Appui Technique (ICAT). Dɔwɔha si kuɖe dziɖuɖu ƒe akpa si kpɔna agblede nyawo gbɔ la ŋu, wo ƒe dɔɛ nye be woa na kpekpeɖeŋu agbledela siwo le kɔƒewo me to ga nyawo kple mɔbubuwo nu.Le ɣemaɣi me la, habɔbɔla mete ŋu xɔ dzesidogbalɛ sikɛ ana be eƒe dɔwɔwɔwo anɔ sedzi la o,nusi nabɛ woƒe kadede kple dziɖuɖu la mede blibo o.

Le ƒe atɔ ̃ megbe la, ICAT ɖo nunɔla na habɔbɔla be woatrɔɛ tso habɔbɔ dzesimado le ese mɔnui ayi habɔbɔ si sute le ese mɔnu la. Esia na be dɔwɔha sia xɔ ese gbalẽ eye wona ŋkɔɛ be «Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest». Leɣemaɣi me la habɔbɔa de dɔ yeyewo tome hena atiwo dodo kple agbledemɔnu siwo ado agble dede ɖe ŋgɔ to mɔnu geɖewo me.

Habɔbɔ yeyea ƒe taɖodzinue nye be yewo awɔdɔ kple agble sɔɛ delawo to atiwo dodo me kple agblede mɔnu vovovowo me kple susu be agbledelawo adzudzɔ woƒe agbledemɔnu sike nye dzotɔgbe la eye woale agblede mɔnu nyuiewo, belele na nugbagbe vovovowo kple atiwo dodo me ɖe asi. Le gɔmedzedzeame la nuwo menɔ bɔbɔɛ o elabena agbledelawo mexɔ wodzise o gake to nuxɔxlɔamewo kple gbeƒã ɖeɖewo me tso alesi belele na agbledenyigba la kple edzinuwo sia, kple atiwo dodo hea viɖe va na agbledede ƒe ŋgɔyiyi la, nugɔmesese va nɔ anyi.Habɔbɔ la ƒe nunɔlawo wɔdɔyi ɖe kɔƒegeɖeewo me, to gbeƒã ɖeɖewo le ameawo ƒe gbe me kple mɔnu geɖewo me be woahe tɔtrɔ ava. Wo tsɔ fɔlɛlɛ tɔhɛ na taɖodzinu siwo kpo ɖɛ anyigba dzikpɔkpɔ kple atidodoŋu eye wo ɖɛ nyame nawo tso alesi dzɔdzɔmenunanawo dzikpɔkpɔ le blema mɔnu la nana be tsi mega dzana ɖe ɖoɖo nyuitɔ nu o, anyigba tsɔtsrɔ, hiãkame kple agblemenuku mademadee. Be dɔwɔna sia na yi ŋgɔ wu gbeƒã ɖeɖele aƒewome la, habɔbɔ la tsɔ gbeƒã ɖeɖe to radio, magazine, kple nyadzɔdzɔgbalẽwo ha dzi be nyateƒe la naɖo amewo gbɔ le teƒegeɖee.

Woƒe wɔna siawo ɖevi nawo ŋtɔ. Dziɖuɖu megawo kple nutoame dukɔwo xɔ habɔbɔ sia ƒe dɔwɔnawo dzise ale gbegbe. Eyata habɔbɔa la kpɔ kpeɖeŋu tso «L’Association des Amis de Daluag et Dapaong» bena woa kaka woƒe dɔwɔnawo yi Savanes nutoa kata me. Habɔbɔa ƒe viɖewo he kadodo de wo kple «Global Environment Facility» dome hena ga sɔɛwo nana ƒe ɖoɖowo.

Kpedodzinu yeye na «Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest» nye gbeƒãɖeɖe tsoɣeyiɣiwo trɔtrɔme tsonuwokple wɔna siwo dze be woawɔ axe mɔ na tɔtrɔ sia; atiwo dodo ɖeanyigbawo dzi kple belelena avewo bena agbenɔnɔadze edzi le nutoame; dzɔdzɔmenunana teƒe tɔxɛwo dzadzra ɖo le avewome, teƒe siwo wotsɔ belele tɔxɛ na la, kple ave tɔxɛ siwo mɔɖeɖemele ŋuti na amewo o;belele na kple ŋgɔdodo nuku kple gbɛƒomevi abe nuɖuɖu kple amatsigbɛsiwo le tsɔtsrɔm la dodo kple woƒe agbledede; asi tɔtrɔ le gbeɖuɖɔwo ŋu hena vluwo wɔwɔ kple asiɖeɖe le yevu matsi (fertilizer) xɔasiwo zazã na agblemenukuwo ŋukple dzɔdzɔme nuwo zazã na agbleme nukuwo hena lãme sẽ; kple kpekpeɖe ŋu nana agbledelawo le woƒe nuku dzadzra me.

Habɔbɔa dziɖuɖu kple enu nɔlawo

Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest nye lɔlɔnu dɔwɔna. Nunɔla le habɔbɔ sia si. Hameviwo ɖoa ha sia nunɔla le ƒe eve ɖesiaɖe me. Hameviwo kpena ƒe sia ƒe bena woabu woƒe dɔwɔnawo ŋu, ga nyawo kple ŋgɔ yi dɔwo ŋu le ƒe si gbɔna me. Woɖo amesiwo ƒe ata tae habɔbɔa nanɔ bena woale ha ƒe ŋgɔyi nyawo ɖe asi.

Habɔbɔ alo « comité » (ŋutsu ɖeka nyɔnu ɖeka siwo duame tɔwo tsa) siwo kpɔna dɔwɔnawo dzi le dusɔɛ ɖesiade me hã tsɔa ɖe le eme le habɔbɔa ƒe dziɖu nyawo me. Nyɔnuawo kpɔa tsi hehe ɖe agblewo me ƒe nyawo gbɔ eye ŋutsuawo kpɔa habɔbɔa ƒe dedie nɔnɔ kple nukuwo kpakple ati do nyawo gbɔ.

6

Dɔwɔna Veviewo Kple Aɖaŋu Yeye-wo

Kpekpeɖeŋu nana agbledelawo hena agbledede fe ngɔyiyi

Habɔbɔa fe dɔvevietɔwo dometɔɖekae nye dumeviwo nufofu. Togbɔ be masɔmasɔ kple anyigba mega nyoa nuku le nutoame o ha la, Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest to mɔsiamɔ nu na be dɔwɔɖua ɖo nutoame du sia du me. Wowɔadɔ kple du ɖe sia ɖe kple susu be yewoa nya wofe kuxewo eye woanaɖoɖo nyuitɔ siwo akpe ɖe du siawo ŋu le agbledede fe mɔ nyuitɔ fe ngɔyiyi me. Belele tɔxɛ siwo wonaa du ɖe sia ɖe wɔɛ be habɔbɔa kpɔ ŋusẽ kple kelili manyagblɔ aɖe to nunyiamewo tɔtrɔ le anyigba me, belele na avewo, agblede mɔnuwo kple agbefedzidzedze le nutoame. Ha sia fe nuwɔnawo wɔɛ be ezu dɔla si he tɔtrɔ vɛ na nutoame fe ga nyawo kple anyigba zazã le mɔnyuitɔwo nufe ŋgɔ yiyi.

Du sia du fe atidodoɖoɖowo

Habɔbɔa fe taɖodzinu vevie ɖeka na agbledelawoe nye atidodo hena anyigba tutuɖo, agbleme nukuwo fe dzidziɖe edzi kple nutoame fe ŋutenɔnɔ. Habɔbɔ sia ɖoanu ɖe agblededu siwo le Togo fe dziyehe-ɣedzefe nu. Wodze ha sia gɔme to nyati siawo dzi be “mina miawo ha miado atiwo”, to atidodo fe viɖe ɖeɖefia dumeviwo, abe agbe nageɖe anyigbame hena agblemenukuwo fe gbɔsɔsɔ.Bena woaɖe wofe wɔnawo afia ta, habɔbɔaɖo atidodo ɖeɖefiafe le Sankpédigbente, tefe si agbledelawo ateŋu akpɔ alesi atidodo ɖeavi na anyigba fe agbegbɔgbɔ kple agbleme nukuwo fe nyonyo.

Habɔbɔa fe sewo dometɔɖekae nye be yewoado ka kple amesiwo ŋu wɔna vɔle alo dzidefo bu ɖawo la, elabena wofe dɔdeasie nye bena yewoa to dzɔdzɔme nuwo dzi ahe viɖe tso anyigba me. Ha sia wɔadɔ kple nyɔnuwo kpakple ŋutemanɔsi tɔwosi woxɔɛse be woa teŋu azu nunɔlawo le avenyigbawo dzadzra ɖo, atidodo kple mɔ bubuwo nu.

Ʋlu gbledede kple agbledemɔnu dodo ɖeŋgɔwo

Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouestfe aɖaŋu mɔnu dekae nye ʋlugbledede dodo ɖe ŋgɔ kple gbeɖuɖɔwo zazãɖe amatsiwo (siwo xɔasi eye agbledelawo matenu afle o) tefe hena

anyigba fe agbegbɔgbɔ.AGIDE(dɔwɔna nɔɖokuisi si doa ʋlu gblede nyawo ɖe dzi le Togo dukɔme) nye kpeɖeŋutɔ na habɔbɔa le efe ʋlu gblede nyawo me eye wóganye habɔbɔla fe aɖaŋuɖola tɔxɛɖeka. Wofe taɖodzinue nye be yewoa fia ameawo alesi woawɔʋlu la le ɣeyiɣi kpoewo me bena anyigba aga gboagbe nyui. Gbeɖuɖɔsiwo wɔa ʋlu la mexɔa asi o; gake wodea agbegbɔgbɔ anyigbame eye wonaa agbekui nyuitɔ agbleme nukuwo. Ega naa nuse anyigba be wóateŋu ale tsiɖi le agbɔsɔsɔme hena ɣeyiɣi didi aɖe; wɔna si hiãɖe nutosiamefe anyigbafufu la.

Le nyatefe me la, tsimadzamadza le Togo fe dziyehe nutoawome nye habɔbɔa fe ɖoɖo bubuwo fe kpeɖodzinu eye wonye atidodofafia agbledelawo fe akpa gãtɔ.Mɔnu ɖekae nye belele na atikuvaviawo le ƒuƒoƒowo me bena kɔƒɛwo ateŋu ƒoƒu woƒɛ wɔnawo le atidodo kple agbledede me, na ɖekawɔwɔfe ŋgɔyiyi.Woviana ativiawo le kuɖiyi me hedo ŋgɔ na agbledelawo fe agbledeɣi. Le woƒenukudodo le tsidzaɣi ƒe gɔmedzedzeme ta, agbledelawo le teƒe siawo kpɔagbɔ be tsi dɛ anyigba me.

7

Kuxe siwoŋu habɔbɔa wɔdɔ ɖo

Kuxe vevitɔ si ŋu habɔbɔa trɔ asi ɖo lae nye be, le kuɖi ɣeyiɣiwo la lãnyilawo ɖea asi le lãwo ŋu eye wonɔa tsaglala tsam henɔa nuɖuɖu dim, si wɔɛ be atiwo kple egbewo sia tsrɔna eye wogblẽa nu le atiku vaviawo kple atidodoawosia ŋu. Nyatefe matrɔmatrɔɛ wónye be, bemalemale na atidodoawo na be afɔɖeɖe gbãtɔwo mete ŋu dze edzio. Habɔbɔa na be wotɔkpɔ ɖe atidodoawo ŋu bena woakpɔ vovo atsi. Nenem kpɔtɔtɔ sia nɔanyi fe etɔ̃ esime lãwo magate ŋu agblẽwo o. Woga zãakpɔti xoxoawo na kpɔ yeye tɔtɔɖe atiyeyewo

ŋu. To wɔna sia me la atividodoawo abe alafa memama 80 tsina zua atiwo.

Habɔbɔa ɖo ative eye wóleabenɛ, tefe si woviana ativi siwo womana na nutoame gbledelawo. Dɔyɔgbewo, atikutsetse fomevi vovovowo kple agblemenuku hamehamewo le ative siame hena ŋkuɖodzi nu na nutoametɔwo. Tefe sia ga nye nusrɔfe gã aɖe na habɔbɔwo, sukuwo, agbledelawo, dzɔdzɔmenunyadilawo kple ame siame, be woate ŋu asrɔ nu tso agbledede fe tutuɖo kple ŋgɔyiyi, belele na avewo kple atiwododo ŋu.

“Me kpɔ dzɔdzɔme ɣeyiyi fia gbalɛ na nusiwo foxlã mi la, nuɖuɖuwo fe nɔnɔme, dzadzɛwɔwɔ kple dekɔnuwo fe tɔtrɔ to kuxi siwo kuɖe ɣeyiyiwo fe

tɔtrɔ ɳu.” Salifou Bounele

88

Viɖewo

HA ƑE VIƉE NA NUTOAME Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouestnye viɖenu gã aɖe na nutoameƒe nugbagbewo dzidzi ɖedzi kple agbegbɔgbɔ. Habɔbɔ sia le du 105 me afisi wole dɔwɔm kple agbledeha aɖewo le atidodo kple agbegbɔgbɔ anyigba ŋu. Wo ɖo ativesime ativi vaviawo sike ganye nusrɔfe kple nusrɔnu na amesiwo tsɔaɖe le eme na agbledede. Habɔbɔa na be woɖo atikuviafe si fe kpekpeme anɔ abe agbadroɖofe (hectare) ɖeka la ɖe du siawo dometɔɖe siaɖe me. Atikuviafe siawo nana ativi siwo wodona ɖe agblewo me kple anyigba siwo mega nyona agblemenuku o la dzi. Woga na ave siwo fe kpekpeme anɔ abe agbadroɖofe(hectare) 60 eneɖo du etɔ ̃me. Ha sia do ati 57,000 eye wóhe agbledela 50 le atikuvavia ɖaŋuwo me, ame 46 le avedzikpɔkpɔɖaŋuwo me kple agbledeha 8 le ʋlugbledede me. Gawu la, wofia wofe agbledeɖaŋuwo amehame gbogbo aɖewo tso habɔbɔ kpedutɔwo me.

Ha sia wɔɛ be amewo kplelãwofe agbenɔnɔle edzidzem nyuie to efe hamedɔwɔnawo, atidowɔnawo kple agbegbɔgbɔ agblenyigbawo. Atiwolãlã, dzotɔgbewɔnawo si nɔ anyi tsa la nu ɖiɖi ntɔ. Aveyeyewo ɖoɖo kple agbledemɔnuyeyewo zazã lekpekpeɖeŋu nam hena anyigbawo fe agbegbɔgbɔ eye anyigbawo fe gbegble kple tsi fe xaxa ɖe tefe sia nu va yi le nutoame.

Ati hame 39 siwo nye viɖe na agblededuawo la le ativea me. Habɔbɔa tona nuku siawo ƒeɖeɖefia me hea nufafia kple hehe tɔxɛ vana dukɔametɔwo le viɖe siwo belele na dzɔdzɔmenuwo, avewo dzikpɔkpɔ kple dukɔmetɔwo ƒe sedziwɔwɔ hea vɛ la ŋu.Wofia nu tso ati siawo fe viɖeɖe ŋu.

Dumeviwo srɔanu geɖe tso ative sia me kuɖe kuxe siwo le agbledede ŋu kple mɔ siwo dzi woato atrɔ asi le agblede nyawo ŋu hena ŋgɔyiyile agbledenyawo me. Esia hena ŋgɔyiyi va na dzɔdzɔmenuwo kple nugbagbewo ƒe dedienɔnɔ sike kɔƒedu ɖesiaɖe tsɔ dena woƒe ɖoɖowɔwɔwo me eye woganye nutɔxɛ si hena tɔtrɔ va na le agbledelawo ƒe agbledemɔnuxoxowo dzi.

VIƉE NA AMEWO KPLE WO ƑE GANYAWO Habɔbɔ sia fe dɔwɔnawo katã kuɖe agblesɔɛ delawo tso Savanes nutoame le Togo fe dziyehe gome. Ativiwo dzadzra, atiwododo, belelena avewo kple agblewo dzikpɔkpɔ nyuie hena ga vɛna agbledelawo.Wɔna siawo bɔbɔ hiãkame nu le nutoame. Tso fe 2008, wodoa atiwo tso agbadroɖofe (hectares) etɔ ̃yi ɖe agbadroɖofewuieve (12) fe sia fe me. Atidowɔna sia hiãnaativi 11,000 siwo fe home nye 2,400,000 Franc CFA (4200 USD). Le yemayi me la duawo dzra ativi siwo fe xexle me le 46,000 eye wokpɔ ga home 10,000,000 CFA Francs (17,400 USD). Agbledelawo gakpɔna viɖe to ativewo kple agblemenukuwo fe dzidzi ɖe dzi, nuku vovovowo dodo kple nuɖuɖu fe gbɔsɔsɔ me.

9

Agbledelawo zanaga siwo wokpɔnale lãmesenyawo kple sukudenyawo ŋu. Wodzra na ativiawo le sukugɔmedzeɣeyiɣiwo eye woza na ga hexea sukufe kplefebubu siwo kuɖe suku nyawo ŋu. Le nyatefe me la ɖeviwo fe sukudede kple ametsitsiwo fe nusɔsrɔ nye habɔbɔa fe taɖodzi nu vevie ɖeka hena susu yeyewo xɔxɔ kple aɖaŋuyeyewo hehe hena kuxewo ɖeɖeɖa le nutoame. Le fe 2011, habɔbɔa dze titina suku adre(7) tutugɔme, kple taɖodzinu be woafia sukuviawo avewo fe vevienyenye eye woado ŋusẽ wo bena woado atiwo le sukuawo me kple wofe afewo me. Le taɖodzinu siawo ke ta la woɖo gɔmedze suku 13, afisi wofiana ɖeviawo alesi woade tsi atiwoeye woalebe nawoe le kuɖi ɣeyiɣiwo me la.

Dɔyɔgbewo dodo hãle dzɔdzɔme nunanawo fe agbegbɔgbɔɖoɖo me kple duwo fe dzikpɔkpɔ nyuie he ŋusedodo vana dukɔwo kple dzɔdzɔme dekɔnu nunyawo me. Le Savanes nutoame la, amewo xɔ dzɔdzɔme dekɔnuwo dzi se ŋutɔ hekpeɖe dɔyɔgbewododoŋu hena dɔyɔyɔ kple lamesẽ. Dɔyɔgbe dɔdada nye nusiwo wowɔna le nuto sia me tso blema ke. Tso esime atiwo kple avewo dze tsɔtsrɔ gɔme la dɔyɔgbewo zazã nu le ɖiɖim. Habɔbɔa wɔnadɔ le kuxe sia ɖeɖeɖa to kpekpedeŋu nana agbledelawo be woado dɔyɔgbewo le agblewome kple nukuviafewo sia.

Kpoe ɖe ko la, dɔwɔha sia fe ɖoɖoe nye be amesiwo nu kuxewo kuɖo la woawo ŋtɔɛ adi mɔ siwo nu woato aɖe nenem kuxeawo ɖa. Elabena agbledelawo ŋtɔɛ nya anyigbawo fe nɔnɔme eye woateŋu anya mɔsiwo dzi woato awɔɛ wóanyo. Amewo fe susu zazã le mɔnyuitɔwo nu bena woaɖekuxewo ɖa wɔɛ be ha sia fe wɔnawo le edzidzem nyuie. Atikuvaviawo le habɔbɔme le du sia du me na be ɖekawɔwɔ geɖe dukɔmeviwo dome.

NYƆNUWO DODOƉE DZIHabɔbɔa tsɔɖe le eme na nyɔnuwo tutuɖo kple ŋusẽdodowo le efe dɔwɔnawo me. Le Savanes nutoame la nyɔnuwo fe agbɔsɔsɔle alafa memama 52. Wofe dɔdeasiwo koe nye afemedɔwo wɔwɔ abe nakewo fɔfɔ kple tsikuku na fomea. Esi wónye be habɔbɔa fe taɖodzinue nye be yewoaɖe atiwo tsotso, avewo fe gbegblẽ, kple etsi kuxɛwo ɖa ta la eɖo nyɔnuwo nunɔlawoe hena tɔtrɔ nyuitɔ le nutoame. Azɔ la, nake fɔfɔ kple tsi kuku le bɔbɔɛ na nyɔnuawo eye womega gblea ɣeyiɣiɖe wɔna siawo ŋu o. Nyɔnuwo nye ŋgɔgbenɔlawo le dɔwɔha sia me eye wole dɔ aɖewo abe tsihehe ɖe agblewo me, tsi ŋudɔwɔwɔ kple ativiwo dzadzra nu.

HA ƑEƉOƉOWO KPLE WOƑE DZIDZEDZEHabɔbɔ sia zu ha tɔxɛ si dzi dumeviwo kple dziɖuɖumegawo dasi ɖo le Togo nutowome. Dziɖuɖu xɔ efe agbledemɔnuwo de efe ɖoɖowɔnawo me. Le fe 2013 me la, dziɖuɖudɔsi kpɔa nufoxlamewodzi la bia tso habɔbɔa gbɔ be woakpɔ gome le «Caravane Nationale pour l’Environnement et le Développement Durable» (wɔna siwo wɔdɔ hena tamebubu kple susuwo ɖeɖe kuɖe ŋgɔyinyawo ŋu) nu ʋuwɔnawo me.

Kadodo kple ha bubuwo hã wɔɛ be habɔbɔa kpɔ gomele dukɔme ɖoɖowɔnawo ŋu. Habɔbɔa kpɔ gome le wɔna si woyɔ be “Great Green Wall” alo (atikpɔ) le Sahara, kpakple “Sahel Initiative”, wɔna si Afrika ɖekawɔhabɔbɔa (U.A.) ɖo anyi hena dzogbewo tɔtrɔ zu ave wɔnawo me le sub-Sahara dukɔwo me, afisi wotsɔ atidodo tɔkpɔɛɖe anyigba la dzi le dzogbea fe anyiyehe gome.

10

BELELE HENA ŊGƆYIYIHabɔbɔa le dɔwɔm le Togo fe nuto si hiã na agbegbɔgbɔdzɔdzɔmenuwo, nuɖuɖu fe agbɔsɔsɔ kple hiãkame ɖeɖe ɖa. Dɔwɔha sia fe dɔ nyuiwo wɔwɔ le wo fe kadodo nyuie kple dukɔmeviwo, kpakple kutrikuku si wodo be yewoase kɔfewo fe kuxe tɔxewo kple wofe ɖoɖo siwo na kpeɖodzinu agbledelawo,fia be anɔ anyi ɖaa eye naneke maxe mɔ nɛ o. Wowɔadɔkple dzidefo kpakple kpeɖeŋu blibo tso dusiwo me wowɔadɔ lela meviwo gbɔ. Wofe dɔwɔnawo sute le nutoame;nu sia nye dzidefo si fia habɔbɔa fe dzidzedze kple ŋgɔyiyi nyuitɔ le kɔfeawo me.

To atikuwo vavia kple ativiwo dzadzra me la habɔbɔa fe ganyawo tsi ɖe edzi nyui eye wókpɔɖokuisinɔnɔ le ganyawo me. Wofia be yewo nye ha si dzia ga ɖe edzi to wofe wɔnawo kple kpekpeɖeŋu hawo abe “UNDP-implemented GEF-Small Grants Programme” me. Kpekpeɖeŋu siwo wonɛ tso ha fe gɔmedzeyi la le vevie eye wóganye gɔmeɖokpe si wɔɛ be ha sia ɖo tefe si wóɖo le ganyawo me.

Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest xɔ kakadedzi tɔxɛ tso dziɖuɖu megawo gbɔ,si kpe ɖe ŋu hena wofe wɔnawo dzidzedze kple ŋgɔyiyi. Togo dziɖuɖua wɔadɔ to ha sia dzi hena kpekpeɖeŋu nana le dɔwɔmɔnuwo, kple agblede nyawo me. Dziɖuɖua gade wɔna yeyewo tome hena kpekpeɖe dume dɔwɔnawo kple dumedɔwɔlawoŋu;le wɔna sia ta habɔbɔafe wɔnawo le ŋgɔ yim. Ŋgɔyiyi susu nyuitɔwo ana be ha sia a keke ta eye woayi ŋgɔ.

WƆNAWO DZIDZIƉEDZITo wofe gɔmedzedze sɔɛwo, gbefaɖeɖe tso du sia du me, habɔbɔa tsi zu ha tɔxe kple nusrɔfe, susuwo ɖɔlife kple dɔwɔnunyawo hefe na habubuwo. Habɔbɔa de wɔnaɖewo tome abe agbledemɔnu yeyewo fafia le avewo dodo, ganyawo dodo ɖe dzi, anyigba zazãɖe ɖoɖo nyuitɔnu leduwo me. Afɔɖeɖe sia fe dzidzedze to dusɔɛwo me na be dɔwɔha bubuwo kple dɔwɔhanɔɖokuisiwo tso nutobubuwo me le dukɔame di be yewoasrɔm̃ɔnu siawo. Le fe ene siwo va yi me la habɔbɔ adɛaɖewo di nuxɔxlɔ tso wogbɔeye wodi vevie be yewoadze

wofe agbledeɖaŋu siawo gɔme le nuto mawo hã me. Wodo dɔwɔha sia ɖe dzi le wɔna geɖewo me abe Caravane Nationale pour l’Environnement et le Développement Durable. Wofe aɖaŋuwo nyo eye woateŋu azawo le ɣetoɖofe Africa godo, afisi kuxe kuɖe agbleme nuku manyomanyo, atiwo lãlã, avegbewo trɔzu gbegbewo, kple hiãkamewo ɖi te ɖo.

KADODO KPLE DƆWƆHA BUBUWOHabɔbɔ si le France «Association des Amis de Daluag et Dapaong», doka kple Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône- Ouest tso fe 2008, le esime hasia xɔ aɖaseɖigbalẽ. France habɔbɔa na ga na kpɔtɔtɔ gbãtɔwo hena atikuviafe le Sankpédigbente eye woyi edzi tɔkpɔ geɖewo.

Ŋgɔyiyi kple Dzidziɖedzi

1111

Habɔbɔ aɖe si woyɔna be Global Environment Facility-Small Grants Program (GEF-SGP)na ga hena kpɔ siawo tɔtɔ, gbefaɖeɖewo, mɔɖeɖe bena ha sia na keke ta le Savanes nutoame le Togo fe dziyehe nutowo me. GEF-SGP na kpekpeɖeŋu hena ativelatutu. AGIDE si nyedɔwɔhanɔɖokuisi na dɔwɔɖaŋuwo hena vlugbledede, kple nunyiamewo wɔwɔ na agbegbɔgbɔ agbledenyigbawo me. Togo dziɖuɖudɔ si kpɔa nufoxlamewo kple avewo fe nyawo gbɔ la

na aɖaseɖigbalẽ be habɔbɔa na xɔ anyigba bena wóawɔ efe atidodo wɔnawo nyui eye wóa do atikuwo viafe le du geɖe me. Nutoame habɔbɔgeɖewo abe Association Don Bosco, Code Utile Afrique, IT Village, Association des éleveurs APEB, kpleNouvelle Elitewɔdɔ kple Association des Pépiniéristes et Planteurs de Tône-Ouest eye wolɔɖ̃edzi be yewoawɔ aɖaŋu siawo ŋudɔle wofe nutowome.

“Mia fe dɔ fe taɖodzinue nye be miadzra dzɔdzɔmenuwo ɖo eye mia lebena wo hena nutoametɔwo fe agbenɔnɔ fe dzidzedze, nusi he veviedodo kple

kutrikuku vɛ le miafe dɔwɔnawo me.” Salifou Bounele

NUXEXLẼBUBUWO ■ Sangou Man brochure: si le «Internet» dzi le afisia

Equator InitiativeSustainable Development ClusterUnited Nations Development Programme (UNDP)304 East 45th Street, 6th Floor New York, NY 10017Tel: +1 646 781-4023 www.equatorinitiative.org

UNDP doaka kple ame sia ame le dukɔame hena ŋuse dodo dukɔ siwo ateŋui anɔte le kuxe ŋɔliwo, eye wodoa ŋgɔyidɔ siwo na be ame siame fe agbenɔnɔ dzeadzi nyuie. Le dukɔ 170 kple edzivɔwo me la, miezana aɖaŋu geɖeewo hena ŋuse dodo amewo kple dukɔwo tutu.

Equator Initiative foafu dukɔsiwo le United Nations tɛ fe dziɖuɖuwo, dukɔmeviwo, dɔwɔ fewo kple dukɔme habɔbɔwo nu bena woado dzesi ŋgɔyi dɔwo eye woadzewo gɔme bena tutuɖedzi ava na amewo, dzɔdzɔmenuwo kple kɔfe siwo ŋu wɔna aɖeke mele o la.

©2015 by Equator Initiative All rights reserved

HABƆBƆ SIWO DOKA KPLE DƆWƆHA SIA

EQUATOR INITIATIVE FE KADOHABƆBƆWO

Empowered lives. Resilient nations.

Empowered lives. Resilient nations.